2 Kings 6:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esime wova Samaria la, Elisa gblɔ be: Yehowa, ʋu amesiawo ƒe ŋkuwo, ne woakpɔ nu! Tete Yehowa ʋu woƒe ŋkuwo, eye wokpɔ be, yewole Samaria titina.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woɖo la, Elisa gblɔ be: “Aƒetɔ, ʋu ame siawo ƒe ŋkuwo, ne woakpɔ nu!” Ale Aƒetɔ ʋu woƒe ŋkuwo, kasia wokpɔ be yewole Samaria-dua titina.