2 Kings 6:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esime Israel-fia le tsa ɖim le gli dzi la, nyɔnua ɖe do ɣli yɔe gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia, xɔ nam!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eva eme be Israel-fia nɔ tsa ɖim le dua ƒe gli dzi, eye nyɔnu aɖe do ɣli yɔe be: “Nye aƒetɔ fia, xɔ nam!”