2 Kings 7:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wotrɔ yi dua me ɖagblɔ nya si dzɔ la na agbonudzɔlawo be, “Míede Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ƒe asaɖa me, eye ame aɖeke menɔ afi ma o! Wode ka woƒe sɔwo kple tedziwo, nu sia nu nɔ eteƒe le asaɖa la me gake ame aɖeke kura menɔ asaɖa la me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale woyi ɖayɔ agbonudzɔlawo gblɔ na wo be: “Míede Siriatɔwo ƒe asaɖa me, ke ame aɖeke meli o; míese nuƒo aɖeke hã o. Wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo hã li. Nuawo li alea míekpɔ.”