2 Kings 7:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la fɔ eye wògblɔ na aʋakplɔlawo be, “Menya nu si dzɔ, Siriatɔwo nya be dɔ to le míaƒe anyigba dzi, ale wodzo le woƒe asaɖa la me ɖabe ɖe gbedzi be yewoable mí míado le dua me, ekema yewoadze mía dzi, aɖe aboyo mí eye yewoage ɖe dua me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la fɔ le zã gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Magblɔe na mi, nusi Aramtɔwo be, yewoawɔ mí. Wonyae bena, dɔ le mia wum, eyata wodzo le asaɖa la me yi ɖaɣla ɖe gbe me gblɔ bena: Ne wodo tso dua me la, ekema míalé wo agbagbe, eye míage ɖe dua me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la fɔ le zã ma me gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Magblɔ nu si Siriatɔwo ɖo ɖe mía ŋu la na mi. Wonya be dɔ le mía wum, eya ta wodzo le asaɖa la me ɖabè ɖe gbe me kple susu be míele go do ge le dua me, ekema yewoalé mí agbagbee age ɖe dua me.”