2 Kings 7:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Anyo be míaɖo ŋkutsalawo ɖa woayi aɖakpɔ afi ma ɖa. Mina woatsɔ sɔ siwo susɔ ɖe dua me la dometɔ atɔ̃, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; esia ta na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ bena: Na woaɖe sɔ alɔ̃ tso sɔ, siwo kpɔtɔ ɖe dua me la me, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; eye na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ be: “Na míadɔ ame, woatsɔ sɔ atɔ̃ siwo susɔ la be woaɖakpɔ nu si tututu dzɔ la ava gblɔ na mí, elabe ame siwo susɔ le dua me la, kuku ge ko woala abe ame siwo ku xoxo la ene.”