2 Kings 7:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wodze awu kple nu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe ɖi le esime wonɔ sisim la yome va se ɖe esime wova ɖo Yɔdan tɔsisi la nu. Ale ame eve siawo trɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na fia la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodze wo yome vaseɖe kekeke Yordan nu, eye kpɔ ɖa, mɔ blibo la dziya fũ kple awuwo kple aʋawɔnuwo, siwo Aramtɔwo tsɔ ƒu gbe, esime wole sisim. Eye dɔlawo gbugbɔ va gblɔe na fia la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woti wo yome va ɖo keke Yordan nu ke. Awu kple aʋawɔnu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe esime wole sisím la ko wokpɔ le mɔa dzi fũu. Ale amedɔdɔawo gbɔ va gblɔe na fia.