2 Kings 7:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?” Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la, ɖo ŋu na Mawu ƒe ame gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa aɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe esia ava mea? Eɖo ŋu nɛ be: Kpɔ ɖa, akpɔe kple wò ŋkuwo, ke maɖu ɖeke o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake fia ƒe aʋakplɔla si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Ne Aƒetɔ aɖe fesre ɖe dziŋgɔli ŋu gɔ̃ hã la, ɖe esia ava emea?” Elisa ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, àkpɔ eteƒe kple wò ŋku, gake màɖu ɖeke o.”