2 Kings 7:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Aƒetɔ la na Aram-aʋakɔ la se tasiaɖamwo kple sɔwo kpakple aʋakɔ gãa ɖe ŋkɔ; tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Kpɔ ɖa, Israel-fia tsɔ aʋa Xiti-fiawo kple Egipte-fiawo ɖe mía ŋu, be woava dze mía dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ la na Siria-ʋakɔ la se tasiaɖamwo kple sɔwo kpakple aʋakɔwo ƒe hoowɔwɔ gã aɖe gbɔna. Ale wogblɔ na wo nɔewo be: “Mikpɔ ɖa, Israel-fia ɖatsɔ aʋa Hiti-fiawo kple Egipte-fiawo kpakple woƒe aʋakɔwo ɖe mía ŋu.