2 Kings 7:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Anyidzelawo ɖo asaɖa la ƒe mɔnu eye woge ɖe agbadɔwo dometɔ ɖeka me. Woɖu nu, no nu, lɔ klosalo, sika kple awuwo eye woyi ɖaɣla wo. Wotrɔ gbɔ hege ɖe agbadɔ bubu me, fɔ nanewo hã le afi ma eye woyi ɖaɣla woawo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi anyidzelawo va asaɖa ƒe mlɔenu hege ɖe agbadɔa ɖe me la, woɖu nu no nu, eye wotsɔ klosalo kple sika kpakple awuwo le eme ɖade do. Emegbe wovi agbadɔ bubu me, eye wotsɔ nu le eme ɖade do.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋutigbalẽdɔléla siawo va asaɖaa ƒe mlɔenu la, woge ɖe agbadɔ aɖe me eye woɖu nu, no nu. Azɔ wotsɔ klosalo, sika kple awuwo le eme yi ɖaɣla. Wogbugbɔ yi ɖe asaɖaa me, ge ɖe agbadɔ bubu me, eye wogalɔ nu siwo le afi ma la hã yi ɖaɣla.