2 Kings 8:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wodzo le Elisa gbɔ heyi eƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòbiae bena: Nya ka Elisa gblɔ na wò? Eɖo ŋu bena: Egblɔ nam bena, èle hayahaya ge.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wòdzo le Elisa gbɔ yi eƒe aƒetɔ gbɔ. Eƒe aƒetɔa biae be: “Nya ka Elisa gblɔ na wò?” Xazael ɖo eŋu be: “Ebe èle hayahaya ge.”