2 Kings 8:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nyɔnu la kple eƒemetɔwo dze mɔ, eye wòwɔ, abe alesi Mawu ƒe ame gblɔ ene, eye wòɖanye amedzro le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale nyɔnua tso wɔ Mawu ƒe ame la ƒe nyaa dzi. Ekplɔ eƒemetɔwo dzoe, eye woɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adrẽ.