2 Kings 8:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoram ho yi Zair, eye tasiaɖamwo katã kpe ɖe eŋu. Esi wòfa le zã me la, edze Edomtɔ, siwo ɖe to ɖe eya kple tasiaɖam-amegãwo la, eye dukɔ la si yi eƒe agbadɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yoram ho kple eƒe tasiaɖamwo katã yi Zair, afi si Edomtɔwo ɖe to ɖe eƒe aʋakɔwo le. Esi wòfɔ le zã me la, ekpɔ be Edomtɔwo ɖe to ɖe ye kple woƒe tasiaɖam-megãwo, ke edze wo, eye dukɔ la sí yi yi woƒe nɔƒewo.