2 Kings 8:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la gbɔ va aƒe, be wòana woada gbe le abi, siwo Aramtɔwo de enu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael la ŋu. Eye Yuda-fia, Yoram ƒe vi Axazya yi, be yeakpɔ Axab vi Yoram ɖa le Yezreel, elabena ele dɔ lém.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia Yoram gbɔ va Yezreel be woada abi si Siriatɔwo de eŋu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Siria-fia Xazael nɛ. Yuda-fia Axazya, Yoram vi, yi be yeakpɔ Yoram ɖa le Yezreel elabe ele dɔ lém.