2 Kings 8:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wògblɔ na fia la be, egbɔ agbe ame kuku la, kpɔ ɖa, nyɔnu, si ƒe vi wògbɔ agbee la, va ɖe kuku na fia la le eƒe aƒe kple eƒe agble ta. Tete Gexazi gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia, nyɔnu la nye esia, eye esia nye via, si Elisa gbɔ agbee la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime Gexazi le ale si Elisa gbɔ agbe ame kuku la gblɔm na fiaa la, nyɔnua va ɖe kuku na fiaa be wòatrɔ yeƒe aƒe kple agble na ye. Gexazi gblɔ na fiaa be: “Nye aƒetɔ fia, nyɔnua nye esi; via si Elisa gbɔ agbee la hã nye esi.”