2 Kings 8:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la bia nyɔnu la woxlẽe fiae. Eye fia la ɖe aƒemenuwo dzikpɔla ɖeka kpe ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖo eƒe nuwo katã kple nuku, siwo wɔ le agblea me tso gbesigbe wòdzo le anyigba dzi vaseɖe fifi la teƒe nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete fiaa bia nyɔnua be neto nu si dzɔ la na ye, eye wògblɔe nɛ. Fia la ɖe eƒe dɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka kpe ɖe eŋu gblɔ be: “Gbugbɔ nyɔnu sia ƒe nuwo katã nɛ. Tsɔ viɖe siwo katã wokpɔ le eƒe agblea me tso gbe si gbe wòdzo le anyigba la dzi va se fifi la hã nɛ.”