2 Kings 8:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Xazael yi ɖakpee, eye wòtsɔ nunanawo kple Damasko ƒe nu veviwo ɖe asi; wole kposɔ blane ƒe agbatsɔtsɔ. Eye wòva egbɔ gblɔ bena: Viwò, Aram-fia Ben-Hadad dɔm ɖe gbɔwò gblɔ bena: Mahaya le dɔ sia mea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Xazael yi ɖakpɔe kple nunana nyuitɔ vovovo siwo le Damasko la; wole kposɔ bla ene ƒe agbatsɔtsɔ. Esi wòva ɖo la, etsi tsitre ɖe Elisa gbɔ, gblɔ nɛ be: “Viwò Siria-fia Ben-Hadad ye dɔm ɖe gbɔwò. Ebe mabia wò be: ‘Mahaya le dɔ sia mea?’ ”