2 Kings 9:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.” “Egblɔ nya si nusrɔ̃la la gblɔ nɛ la na wo eye wòna wonya be woɖo ye fiae ɖe Israel nu!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wogblɔ bena: Aʋa tsoe, gblɔe na mí dzro! Tete wògblɔ bena: Ale kple ale wògblɔ nam enye si be: Ale Yehowa gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Israel dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ be: “Mele eme o, gblɔ nyaa na mí!” Ale wògblɔ na wo be: “Nya si ko wògblɔ nam lae nye esi: ‘Aƒetɔ be: Mesi ami na wò heɖo wò fiae ɖe Israel nu.’ ”