2 Kings 9:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?” Yehu ɖo eŋu be, “Nu ka nènya tso ŋutifafa ŋu? Dze yonyeme.” Dzɔla la do ɣli gblɔ na fia la be ame dɔdɔ la yi ɖakpee gake mele gbɔgbɔm o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye sɔdola la do sɔ yi ɖakpee gblɔ bena: Ale fía la gblɔ esi: Ŋutifafaea? Yehu gblɔ bena: Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Trɔ va yi megbenye! Eye dzɔla la yi ɖagblɔ bena: Dɔla la yi ɖaɖo wo gbɔ, ke megatrɔ gbɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale sɔdola la yi ɖakpe Yehu biae be: “Fia be: ‘Ŋutifafa yea?’ ” Yehu ɖo eŋu be: “Ŋutifafanya ka tsɔ gbɔwò? Dze nava nɔ megbenye.” Dzɔla la na wonya be: “Amedɔdɔ la ɖo ameawo gbɔ, gake metrɔ gbɔ kpɔ o.”