2 Kings 9:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yehu vu ete da me, eye wote megbe na Yoram, eye aŋutrɔ la ŋɔ eƒe dzi ɖi go, eye wòmũ dze eƒe tasiaɖam me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yehu vu eƒe da me kple ŋusẽ katã, eye wòté abɔgbakpeƒe na Yoram. Aŋutrɔ la ƒo ɖe eƒe dzi, eye wòmu dze eƒe tasiaɖam me.