2 Peter 1:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya si míegblɔ na mi le ale si mía Aƒetɔ Yesu Kristo le vava ge ŋusẽtɔe ŋu la, menye ŋutinya kpakpa si wokpa aɖaŋutɔe la mee míeɖee le gblɔ na mi o. Míawo ŋutɔe kpɔ eƒe bubu, atsyɔ̃ kple ŋusẽ la tututu kple ŋku hafi gblɔe na mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.