2 Peter 1:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehiãna na agbe kple mawusosroɖa, to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple dɔmenyonyo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi eƒe Mawu me ŋusẽ tsɔ nusiwo katã nyo hena agbe kple mawusosroɖa la, ke mi to sidzedze amesi tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ yɔ mi la me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ na nu siwo katã míehiã le agbe me la mí faa, be míate ŋu anɔ agbe asubɔe. Ewɔ esia elabe míedze si eya, ame si yɔ mí be míava kpɔ gome le eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple nyonyo me la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehĩana na agbe kple mawusosroɖa to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple nyuiwɔwɔ me.