2 Peter 1:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi si nusiawo mele o la, enye ŋkuagbãtɔ, eye mekpɔa didiƒenu o, eye woŋlɔ eƒe tsã nuvɔ̃wo kɔklɔɖa la be.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ne nɔnɔme siawo mesu ame aɖe si o la, ekema eƒe ŋkuwo gbã vɔ, eye magate ŋu akpɔ nu le didiƒe o. Ame sia ŋlɔ be, be woklɔ nuvɔ̃ siwo yewɔ kpɔ la ɖa le ye ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o eye eƒe ŋkuwo gbã eye wòŋlɔ be, be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.