2 Peter 2:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke tedzi lãmaƒonu tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu nɛ, ka mo nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi Mawu ƒe nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke ekpɔ mokaka le eƒe dzidada la ŋuti: Dɔwɔlã maƒonu la tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu, eye woxe mɔ na nyagblɔɖila la ƒe lãnuwɔwɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke woka mo na Bileam, esi wòda Mawu ƒe se dzi. Eya ŋutɔ ƒe tedzie ƒo nu nɛ abe amegbetɔ ene, eye wòxe mɔ na aɖaʋanu si wɔm eya, Mawu ƒe gbeƒãɖela la le.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke tedzi, lãmaƒonu, tsɔ ame ƒe gbe ƒo nui nɛ, heka mo nɛ ɖe eƒe vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.