2 Peter 2:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Anyo na wo be womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o tsɔ wu be woanyae, eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ɖe womedze si dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o la, ne enyo na wo wu esi wodze sii, eye gake wogagbugbɔ tso sedede kɔkɔe, si wode asi na wo la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ɖe ame siawo megaxanya naneke kura le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔ la ŋu o la, ne enyo na wo wu, be woanya mɔ sia vɔ agagbugbɔ ɖe megbe tso se kɔkɔe si Mawu de na wo la gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Anyo na wo be womanya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o, wu be woanyae eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo.