2 Peter 3:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒe ŋkeke la aɖo, abe ale si fiafitɔ vanae ene. Gbe ma gbe la, dziƒowo aklo ɖa ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, eye dziƒonuwo katã alé dzo afia keŋ. Nenema ke anyigba kple nuwɔwɔ siwo katã le edzi la hã afia.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo eye anyigba kple edzinuwo katã labi keŋkeŋkeŋ.