2 Peter 3:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nyateƒe me la, esia nye nya si wògblɔ le eƒe agbalẽwo katã me. Nya aɖewo gɔmesese sesẽ, le eƒe agbalẽawo me, eye ame manyanuwo kple ame malikewo trɔ wo gɔmeɖeɖe bubui, abe ale si wowɔna kple mawunya bubuawo hã ene. Esia wɔwɔ nana be wotsrɔ̃na.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eŋlɔ nu alea le eƒe agbalẽwo katã me eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.