2 Peter 3:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu ƒe nya la kee lé dziƒo kple anyigba ɖe tè fifia hã, eye wòdzra wo ɖo be woava tɔ dzo wo. Edzra wo ɖo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe, esime woatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.