2 Peter 3:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye lɔlɔ̃tɔwo, nyateƒenya si gblɔ ge mele fifia la nenɔ ŋku dzi na mi. Eyae nye be le Mawu gbɔ la, ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã le abe ŋkeke ɖeka ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ene eye nenema ke ƒe akpe le abe ŋkeke ɖeka ene.