2 Samuel 1:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid yɔ ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Te va, ne nada nui aƒu anyi! Eye wòda nui woku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete David yɔ ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Zɔ ɖe edzi nàwui!” Ɖekakpuia da nu Amalekitɔ la, eye wòku.