2 Samuel 10:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Amon-viwo kpo be, Aramtɔwo si la, wòsi le Abisai nu yi dua me, eye Yoab trɔ le Amon-viwo yome heva Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amonviwo kpɔ be Siriatɔwo sí eya ta woawo hã sí le Abisai nu yi dua me. Ale Yoab trɔ le Amonviwo yome va Yerusalem.