2 Samuel 10:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi fia, siwo katã nye Hadadezer teviwo, kpɔ bena, Israel-viwo si wo la, wowɔ ŋutifafa kple Israel, eye wosubɔ wo, eye Aramtɔwo de asi vovɔ̃ me azɔ na kpekpe ɖe Amon-viwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi fia siwo katã le Hadadezer te la kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wowɔ ŋutifafa kpli wo eye wova zu wo teviwo. Le vɔvɔ̃ ta, Siriatɔwo megakpena ɖe Amonviwo ŋu azɔ o.