2 Samuel 10:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
woƒe dumegãwo gblɔ na woƒe fia be: “Ɖe nèbu be bubue David di be yeade tɔ́wò ŋu, eya ta wòdɔ amewo ɖa be woava fa akɔ na wòa? Menye nenemae o. Ke boŋ ɖe wòdɔ eƒe dɔlawo ɖa be woava dzro dua me, atsa ŋku le eme ale be wòate ŋu ava xɔe.”