2 Samuel 10:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Amonviwo kpɔ be yewozu David ƒe futɔwo la, woyi ɖatsɔ Siria-srafo afɔzɔla akpe bla eve, Maxa-fia ƒe asrafo akpe ɖeka kple Tob-srafo akpe wui eve.