2 Samuel 11:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale wòŋlɔ ɖe agbalẽa me enye si: Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, afisi aʋa la nu sẽ le, eye miɖe megbe le eŋu, ne wòatsi aʋa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agbalẽa me nyae nye esi: “Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, ne wòanɔ afi si aʋa la nu sẽ le. Mide megbe le eŋu ne woawui.”