2 Samuel 11:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ameka wu Abimelex, Yerubeset vi la? Ɖe menye nyɔnua ɖee le gli dzi xlã tevi ɖee woku le Tebez oa? Nukaŋuti miegogo glia hã la, ekema gblɔ be: Wò dɔla Uriya, Xititɔ la, hã ku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe mieŋlɔ ale si wowu Abimelex, Gideon vi la bea? Ɖe menye gli dzi nyɔnu aɖe nɔ xlã tevi ɖee wòku le Tebez oa? Nu ka ta koŋ miete ɖe glia ŋu kpuie nenema?’ Ne fia la bia nya sia wò la, gblɔ nɛ be: ‘Wowu wò dɔla Uriya hã.’ ”