2 Samuel 11:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòwɔ aho vɔ la, Dawid dɔ woɖakplɔe va eƒe me wòzu srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nusi Dawid wo la, medze Yehowa ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòwɔ aho vɔ la, David dɔ ame woyi ɖakplɔe va fiaƒea mee. Ezu srɔ̃a eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nu si David wɔ la medze Aƒetɔ ŋu o.