2 Samuel 12:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbo. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edoa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke naneke menɔ ame dahe la ya si o, negbe alẽnɔevi sue ɖeka si wòƒle la koe nɔ esi. Enyii eye wòtsi kple viawo. Alẽvia nɔ nɛ ko abe via nyɔnuvi ene elabe nu si wòɖuna la eya kee alẽvia hã ɖuna, eƒe tsinonu gɔ̃ nue alẽvia noa tsi le, eye wòdɔa alɔ̃ ɖe eƒe atata.