2 Samuel 12:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dowo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu. Alea wòwɔ Amon-viwo ƒe duwo katã me tɔwoe. Eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekplɔ ame siwo le dua me la gbɔe, eye wova nɔa ati dzem, nɔa kpe kpam, nɔa nake fɔm nɔa anyikpe mem. Aleae wòwɔ Amonviwo ƒe duwo katã me nɔlawoe. Emegbe la, David kple aʋakɔ blibo la trɔ va Yerusalem.