2 Samuel 12:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi mɔzɔlaa ɖe va dze kesinɔtɔa la, eƒe alẽwo kple nyiwo dometɔ ɖeka lelé ɖa na amedzro, si va dze egbɔ la vee, eye wòlé ame dahe la ƒe alẽvia heɖa na ŋutsu, si va dzee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ɖeka la, mɔzɔla aɖe va dze kesinɔtɔ la. Medi be yealé ye ŋutɔ ƒe alẽwo alo nyiwo dometɔ aɖeke awɔ nuɖuɖu na amedzro si va egbɔ la o. Ke eyi ɖalé ame dahea ƒe alẽvia heɖa nui na amedzro si va dze egbɔ la.”