2 Samuel 12:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
mede wò aƒetɔ ƒe aƒe asi na wò, eye metsɔ wò aƒetɔ srɔ̃wo ɖo wò akɔ nu; metso Israel kple Yuda ƒe aƒe la na wò, eye ne esia mesɔ gbɔ o la, mate ŋu atsɔ nu bubu akpee na wò le mɔ vovovowo dzi hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Metsɔ eƒe fiaɖuƒe na wò eye srɔ̃awo zu tɔwò. Meɖo wò fia ɖe Israel kple Yuda nu. Ne nu siawo mesɔ gbɔ na wò o la, magate ŋu atsɔ nu bubuwo akpe wo na wò hafi ɖe.