2 Samuel 13:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la trɔ zu fuléle. Amnon lé fu Tamar azɔ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eblu ɖe eta be, “Do go nàdzo le afi sia!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke azɔ Amnon lé fui vevie ŋuta, ele fui wu alesi wòlɔ̃e tsã gɔ̃ hã. Eye Amnon gblɔ ne bena: Tsi tre, nadzo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Amnon lé fu Tamar vevie ŋutɔ enumake. Elé fui wu ale si wòlɔ̃e tsã gɔ̃. Egblɔ nɛ be: “Tsi tre nàdzo!”