2 Samuel 13:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fia la gblɔ na Absalom bena: Gbeɖe, vinye! Megana mí katã míayi o, ne míaganye agba na wò o! Eye wòƒoe ɖe enu; ke egbe be, yemayi o, eye wòyrae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la ɖo eŋu na Absalom be: “Gbeɖe, vinye! Ne mí katã míeyi la, ava nye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe fia nu, gake egbe yiyi; dzɔgbe nyui ko wòdi nɛ.