2 Samuel 13:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Absalom gblɔ be, “Enyo; ne wò ŋutɔ màte ŋu ava o hã la, màɖo nɔvinye, Amnon ɖa ɖe tewòƒe oa?” Fia la biae be, “Nu ka ta maɖo Amnon ɖa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Absalom gblɔ bena: Ne mèlɔ̃ o la, ekema na nɔvinye Amnon nayi kpli mi dzro! Fia la ɖo ŋu nɛ bena: Nukata wòayi kpli wòa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Absalom gblɔ nɛ be: “Ne mèdi be woayi o la, màna nɔvinye Amnon ya nayi kpli mí oa?” Fia la biae be: “Nu ka ta nèdi be eya nayi kpli wò?”