2 Samuel 13:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wògblɔ na eƒe dɔlawo be: “Minɔ ŋku lém ɖe Amnon ŋu. Ne wain sui wòle dzidzɔ kpɔm la, mele gbe ɖe ge na mi be miwui. Miwui, migavɔ̃ o. Nyee be miwui. Dzi nenɔ mia ƒo; miwɔ ŋutsu.”