2 Samuel 13:32 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yonadab, Dawid nɔvi, Simea ƒe vi, xɔ dzi gblɔ bena: Nye aƒetɔ megabu be, wowu ɖekakpuiviawo katã, siwo nye fia viwo la o, ke boŋ Amnon ɖeɖe koe ku; elabena Absalom ƒe nu me nya la tso, wòɖoe tso gbesigbe wògblẽ nɔvianyɔnu Tamar.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yonadab, David nɔvi Simea vi gblɔ be: “Fia Bubutɔ, womewu viwòawo katã o. Amnon koe ku. Absalom ɖo nugbe ɖe eŋu tso gbe si gbe wòlé nɔvia nyɔnu Tamar sesẽe hede asi eŋu.