2 Samuel 13:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yonadab gblɔ ne bena: Yi ɖamlɔ wò aba dzi, eye nalé kpɔ̃dɔ; eye ne fofowò va kpɔ wò ge ɖa la, ekema gblɔ ne bena: Na nɔvinye Tamar nava na nuɖuɖum! Ne eva ɖa nua le ŋkunye me mekpɔ la, ekema maɖu nua le esi me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yonadab gblɔ nɛ be: “Wɔ abe dɔ lém nèle ene eye nàyi ɖamlɔ wò aba dzi. Ne tɔ́wò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be: ‘Na nɔvinye Tamar nava na nuɖuɖum. Medi be wòava ɖa nua le gbɔnye ne makpɔ, eye eya ŋutɔ natsɔe nam maɖu.’ ”