2 Samuel 13:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Amnon mlɔ anyi le kpɔ̃dɔ lém, eye esi fia la va ekpɔ ge ɖa la, Amnon gblɔ na fia la bena: Na nɔvinyenyɔnu Tamar nava to tatali eve te ŋkunye me, ne wòalé ɖe asi maɖu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Amnon wɔ abe dɔ lém wòle ene eye wòyi ɖamlɔ anyi. Esi fia va be yeakpɔe ɖa la, egblɔ nɛ be: “Na nɔvinye Tamar nava tɔ tatali eve nam le gbɔnye, ne maɖu.”