2 Samuel 14:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.” David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyɔnua gblɔ be: “Taflatsɛ, Fia Bubutɔ, ɖe kuku na Aƒetɔ, wò Mawu la ale be hlɔ̃biala la nagawu vinye ŋutsu la o.” David ɖo eŋu nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la: Ne ame aɖe wɔ nu vevi sue aɖe viwò la fĩi!”