2 Samuel 14:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena fiã la aɖo to eƒe dɔlanyɔnu, eye wòaɖem tso ŋutsu, si be, yeatsrɔ̃ mía kple vinye ɖa le Mawu ƒe domenyinu nu la si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mebui be àse nyaa me nam eye àɖe nye kple vinyea tso ame si di be yeatsrɔ̃ nye kple vinye la ɖa, bene míagakpɔ gome le anyigba si Mawu na eƒe amewo la me o la, si me.