2 Samuel 14:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la gblɔ bena: Menye Yoab ƒe asie li kpli wò le nya siawo katã me oa? Nyɔnu la ɖo ŋu gblɔ bena: Meta wò agbe, nye aƒetɔ fia, womate ŋu adze ɖe ɖusi alo mia me le nya, siwo katã nye aƒetɔ fia gblɔ la me o; elabena wò dɔla Yoab ye dɔm, eye wòde nya siawo katã wò dɔlanyɔnu la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la biae be: “Menye Yoab ye gblɔ nya siawo katã na wò be nàva gblɔ oa?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Fia Bubutɔ, metà wò gbagbe sia be nya si nèbiam la le eme tututu. Nyateƒee, wò dɔla Yoab ye nye ame si dɔm, eye eyae gblɔ nya siawo katã hã nam be mava gblɔ.